Dzove - Wikipedia

Dzove (alo Yanuar) enye ɣleti gbãtɔ le ƒea me le Gregoria ɣletigbalẽa me. Ŋkeke blaetɔ-vɔ-ɖeka ye le ɣletia me. Le ɣleti siame la, pepi dona eye gbewo hã bina dzo.
Le blema ŋɔli la, Romatɔwo xɔese be Ianus nye mawu na agbowo, ʋɔtruwo, gɔmedzedzewo kple nuwuwuwo. Le esiata la, wotsɔ ŋkɔ na ɣleti gbãtɔ le ƒea me be Ianuarius si tso ianua si nye ʋɔtru le Latingbe me.
Tedoxe enye ɣleti gbãtɔ le blema ŋɔli gake tso ƒe 153 BC la, Romatɔwo trɔe, eye Dzove va zu ɣleti gbãtɔ.

- 1789 - Wotia Amerika dukplɔla gbãtɔ.
- 1946 - United Nations wɔ woƒe takpekpe gbãtɔ le London.
- Ƒe yeye Ŋkeke - Dzove ƒe ŋkeke gbãtɔ
- Martin Luther King Ŋkeke le United States - Dzoɖagbe etɔ̃lia
- Australia Ŋkeke le Australia - Dzove 26
- Republic Ŋkeke le India - Dzove 26

- Ɣleti sia ƒe seƒoƒo tɔxewo wonye "carnation" kple "snowdrop" le Eŋlisigbe me.
- Dzove ƒe kpe xɔasi enye kpe si woyɔna le Eŋlisigbe me be garnet.
Ɣletiawo le ƒea me |
---|
Dzove · Dzodze · Tedoxe · Afɔfiɛ · Damɛ · Masa · Siamlɔm · Dasiamime · Anyɔnyɔ · Kele · Adeɛmekpɔxe · Dzome |